Deuteronomy 2:24 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Azɔ Yehowa gblɔ nam be, Mitso Arnon tɔsisi la, miage ɖe Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia, ame si le Hesbon la ƒe anyigba dzi. Miwɔ aʋa kpli wo, eye miade asi anyigba la xɔxɔ me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mitso míaho atso Arnon-tɔʋu la; kpɔ ɖa, metsɔ Amoritɔwo ƒe fia Sixon, amesi te Xesbon, kple eƒe anyigba de asi na wò! Dze anyigba xɔxɔ gɔme, eye nawɔ aʋa kplii!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi míeto Moab-nyigba me yi vɔ la, Aƒetɔ gblɔ na mí be: ‘Migahoe ɖe edzi ne miatso Arnon-tɔʋu la. Mikpɔ ɖa, metsɔ Amoritɔ Sixon, si nye Xesbon-fia kple eƒe anyigba de mia si. Mikpe aʋa kplii ne miadze eƒe anyigba la xɔxɔ gɔme.