Deuteronomy 2:29 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Edomtɔwo ɖe mɔ na mí le Seir míeto woƒe anyigba dzi. Moabtɔwo hã wɔ nenema ke na mi le Ar. Míele mɔ dzi be míatso Yɔdan, ayi anyigba si Yehowa míaƒe Mawu tsɔ na mí la dzi.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
abe alesi Esau-vi, siwo le Seir, kple Moabitɔ, siwo nɔ Ar la, wɔm ene, — vaseɖe esime matso Yordan ava anyigba, si Yehowa, mia Mawu, le mía na ge la dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
va se ɖe esime miatso Yordan-tɔsisi la ayi anyigba si Aƒetɔ, mía Mawu la le tsɔtsɔm na mí la dzi. Ɖe mɔ na mí abe ale si Esau ƒe dzidzimevi siwo le Edom kple Moabtɔ siwo le Ar la ɖe mɔ na mí míeto woƒe anyigba dzi yi ene.’