Deuteronomy 2:30 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke Hesbon fia Sixɔn melɔ̃ be mía egbɔ ayi o, elabena Yehowa, miaƒe Mawu la na wòsẽ dzi me, ale be wòate ŋu aɖe asi le Sixɔn ŋu na mi abe ale si wòwɔe fifia ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke fia Sixon, amesi nɔ Xesbon, melɔ̃ be, míato egbɔ ayi o, elabena Yehowa, wò Mawu, na eƒe ame do kpe, eye eƒe dzime sẽ, bena wòatsɔe ade asi na wò, abe alesi wòzu egbe siawo ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke fia Sixon melɔ̃ be míava to yeƒe anyigba me ayi o, elabe Aƒetɔ, mia Mawu la na eƒe dzime sẽ, eye wòdze aglã. Mawu wɔ esia be miakpɔ mɔnu aɖu edzi, axɔ eƒe anyigba, abe ale si miexɔe wòle mia si va se ɖe egbe ene.