Deuteronomy 2:36 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Míexɔ teƒe ɖe sia ɖe tso Aroer yi Gilead, tso Arnon tɔsisi la ƒe balime ƒe liƒo dzi kple du siwo katã le bali la me. Woƒe du aɖeke mesẽ wu mí o elabena Yehowa, mía Mawu la tsɔ wo katã de asi na mí.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Du, siwo tso Aroer le Arnon-tɔʋu la nu, kple du, si le bali me gbɔ vaseɖe Gilead la, dometɔa ɖeke mesesẽ na mí o; Yehowa, mía Mawu, tsɔ wo katã de asi na mí.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ, mía Mawu la na míexɔ duwo tso Aroer le Arnon-tɔʋu to kple balimedua gbɔ va se ɖe Gilead. Duawo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe gliwo gbagbã nɔ bɔbɔe na mí.