Deuteronomy 2:7 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yehowa, míaƒe Mawu la kpɔ mía ta, eye wòyra míaƒe afɔɖeɖe ɖe sia ɖe le míaƒe mɔzɔzɔ me le ƒe blaene siawo katã me, esime míetsa tsaglalã le gbegbe gã la. Naneke mehiã mí le ɣeyiɣi ma katã me o!
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena Yehowa, wò Mawu, yra wò asinudɔwɔwɔwo katã, enya wò mɔzɔzɔwo katã le gbe gã sia dzi, eye Yehowa, wò Mawu, li kpli wò ƒe blane sɔŋ, ale be naneke mehiã wò o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Miɖo ŋku edzi be Aƒetɔ, mia Mawu la yra miaƒe asinudɔwɔwɔwo katã. Eyae kpɔ mia ta le miaƒe mɔzɔzɔ me le gbedadaƒo gã la, eye wònɔ kpli mi le ƒe bla ene siawo me ale be naneke mehiã mi o.’