Deuteronomy 20:1 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Ne mieyi aʋa, eye miekpɔ sɔwo kple tasiaɖamwo wosɔ gbɔ fũu, eye miekpɔ aʋakɔ si sɔ gbɔ wu mia tɔ la, dzidzi megaƒo mi o! Yehowa, wò Mawu la, ame si kplɔ wò dedie tso Egipte la li kpli wò.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne èho aʋa ɖe wò futowo ŋu, eye nekpɔ sɔwo, tasiaɖamwo kple aʋakɔ, si sɔ gbɔ wu wò la, megavɔ̃ wo o, elabena Yehowa, wò Mawu, si kplɔ wò tso Egipte-nyigba dzi la, li kpli wò.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Ne èho aʋa ɖe wò futɔwo ŋu, eye nèkpɔ be woƒe sɔwo, tasiaɖamwo kple aʋakɔwo sɔ gbɔ wu tɔwòwo la, mègavɔ̃ o. Aƒetɔ, wò Mawu si kplɔ wò tso Egipte la li kpli wò.