Deuteronomy 20:18 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Se sia ƒe taɖodzinue nye be wòana be anyigba la dzi tɔwo makplɔ mi ade woƒe legbawo subɔsubɔ kple woƒe kɔnyinyi vɔ̃ɖiwo me, eye miato esiawo me awɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋu o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
ne womagava fia ŋunyɔnu, siwo katã wowɔna na woƒe mawuwo la, wɔwɔ mi, eye miawo nuvɔ̃ ɖe Yehowa, mia Mawu ŋu o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Miwu wo keŋ ale be womaganɔ anyi afia ŋunyɔnu siwo wowɔna na woƒe mawuwo la wɔwɔ mi ne miawɔ vɔ̃ ɖe Aƒetɔ, mia Mawu la ŋu o.