Deuteronomy 20:19 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Ne èɖe to ɖe du aɖe la, mègagblẽ woƒe kutsetsetiwo o. Na miaɖu kutsetse siwo miate ŋui. Mègana woatso atiawo ƒu anyi dzodzro o. Atiawo menye futɔwo, eye wòle be nàna woatsrɔ̃ wo o!
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne èbe, yeawɔ aʋa kple dua ɖe axɔe, eye nèɖe to ɖee eteƒe didi la, ekema megatsɔ̃ fia gblẽ woƒe atiwo o, ke boŋ èkpɔ mɔ aɖu woƒe tsetse, eye megalã wo o, elabena agblemeti menye ame wònye nèva to ɖe ge ɖee o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Ne èle aʋa wɔm kple du aɖe be yeaxɔe, eye nèle aʋaa dzi eteƒe didi la, mègatsɔ fía mu kutsetseti siwo le dua me o. Èkpɔ mɔ agbe atiawo ƒe tsetse faa; ke mègalã atiawo ŋutɔ ƒu anyi o. Agblemeti menye ame aho aʋa ɖe ame ŋu o.