Deuteronomy 20:5 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Ekema aʋakplɔlawo aƒo nu na aʋawɔlawo ale: ‘Mia dometɔ aɖe tso aƒe yeye, eye mekɔ eŋuti haɖe oa? Ne ele eme nenema la, ekema amea natrɔ ayi aƒe! Ɖewohĩ woawui le aʋa sia me, eye ame bubu sãa akɔ wò aƒe la ŋu!
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye dzikpɔlawo nagblɔ na aʋakɔ la bena: Ne ŋutsua ɖe tu xɔ yeye, eye meʋu ɖe eme haɖe o la, ekema wòagbugbɔ ayi aƒe, bena magaku ɖe aʋa me, eye ŋutsu bubu naʋu ɖe eme o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ekema aʋakplɔlawo agblɔ na aʋakɔ la be, ‘Ɖe ame aɖe le mia dome si tu xɔ yeye eye mekɔ eŋu, ʋu yi eme haɖe oa? Ne ame aɖe li la, negbugbɔ yi aƒe. Ne menye nenem o la, ne etsi aʋa la, ame bubu akɔ xɔa ŋu, aʋu yi eme.