Deuteronomy 22:21 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
ekema ʋɔnudrɔ̃lawo akplɔ nyɔnu la ayi fofoa ƒe aƒememɔnu, afi si dua me ŋutsuwo aƒu kpee le wòaku. Ewɔ nu vɔ̃, eye wògblẽ kɔ ɖo na Israel to gbolowɔwɔ me le edzilawo ƒe aƒe me. Ele be miaɖe nu vɔ̃ sia tɔgbi ɖa le mia dome.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
ekema woakplɔ nyɔnuvi la ayi fofoa ƒe xɔ nu, eye dua me ŋutsuwo naƒu kpee woaku, elabena ewɔ ŋukpenanu le Israel, eye wòwɔ ahasi le fofoa ƒe me. Ale naɖe vɔ la ɖa le dowòme.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
ekema wonekplɔ nyɔnuvia yi tɔ́a ƒe xɔ nu, eye dua me ŋutsuwo neƒu kpee wòaku, elabe ewɔ ŋukpenanu le Israel: ede ŋutsu gbɔ, esime wònɔ tɔ́a ƒeme, hafi ɖe srɔ̃. Ale nàɖe nuvɔ̃ɖi la ɖa le dowòme.