Deuteronomy 22:24 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
woakplɔ ɖetugbi la kple ŋutsu si de asi eŋu siaa ayi du la godo, eye woaƒu kpe wo woaku. Woawu ɖetugbi la, elabena medo ɣli be woaxɔ na ye o. Woawu ŋutsu la, elabena ede asi nyɔnu si ta ŋutsu bubu bia la ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
ekema woakplɔ wo kple eve la ayi dua godo, eye woaƒu kpe wo woaku; woawu nyɔnuvi la, elabena du mee wòlée le, gake medo ɣlio; woawu ŋutsu la, elabena egblẽ nɔvia srɔ̃. Ale naɖe vɔ̃ la ɖa le dowòme.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
mikplɔ wo kple eve la yi dua godo ne miaƒu kpe wo, woaku. Woawu nyɔnuvia elabe du mee ŋutsua lée le gake medo ɣli ne woaxɔ nɛ o. Woawu ŋutsu la, elabe egblẽ nɔvia srɔ̃. Ale nàɖe nuvɔ̃ɖi la ɖa le dowòme.