Deuteronomy 22:5 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Nyɔnu mekpɔ mɔ ado ŋutsuwu o. Nenema ke ŋutsu hã mekpɔ mɔ ado nyɔnuwu o. Nu sia wɔwɔ nye ŋunyɔnu na Yehowa, wò Mawu la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nyɔnua ɖeke megado ŋutsuwu o, eye ŋutsua ɖeke megado nyɔnuwu o; elabena amesi wɔ nusia la, enye ŋunyɔnu na Yehowa, wò Mawu la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Nyɔnu aɖeke megado ŋutsuwu o, eye ŋutsu aɖeke hã megado nyɔnuwu o, elabe nu sia wɔlawo nye ŋunyɔnu na Aƒetɔ, wò Mawu la.