Deuteronomy 22:6 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Ne èkpɔ xevi aɖe ƒe atɔ le anyigba alo le ati aɖe dzi, eye xevi suewo alo aziwo le eme le xevi sueawo dadaa te la, mègalé xeviawo dadaa kpe ɖe xevi sueawo ŋu o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne èle mɔ dzi, eye nèfɔ xevitɔ, si me vi alo azi le, le atia ɖe dzi alo anyigba, eye dada tsyɔ akɔ ɖe viawo alo aziawo dzi la, ekema megale dada kple viawo siaa o;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Ne èfɔ xevitɔ si me vi alo azi le, le ati aɖe dzi alo anyigba, eye dadaa tsyɔ akɔ ɖe viawo alo aziawo dzi la, mègalé dadaa kple viawo siaa o.