Deuteronomy 23:18 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mègaxɔ nunana aɖeke tso gbolo aɖeke ƒe gboloho me alo tso ŋutsu siwo dɔa ŋutsuwo gbɔ la ƒe ahasiho me atsɔ na Yehowa o, elabena ame ƒomevi eve siawo nye ŋunyɔ na Yehowa, wò Mawu la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Gboloa ɖeke meganɔ Israel-vinyɔnuwo dome o, eye Israel-viŋutsua ɖeke meganye ahasitɔ o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nyɔnu alo ŋutsu aɖeke megatsɔ ahasiwɔga va xe eƒe adzɔgbeɖefe le Aƒetɔ, wò Mawu la, ƒeme o. Nu eve siawo wɔlawo nye ŋunyɔ na Aƒetɔ.