Deuteronomy 24:15 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Xe eƒe fetu nɛ gbe sia gbe hafi ɣe naɖo to, elabena esi wòda ahe ta la, ehiã fetu la enumake. Ne mèxee nɛ enumake o la, afa konyi tso ŋuwò, eye Yehowa abui nu vɔ̃e na wò.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Gbemagbe ke naxe fe nɛ, eye ɣe megaɖo to ɖee o, elabena ame dahe wònye, eye eya ŋu eƒe ŋku le, ne magayɔ Yehowa ɖe dziwò, eye wòatrɔ zu fɔɖiɖi na wò o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne ewɔ dɔ na wò la, xe fe nɛ gbe ma gbe ke; ɣe megaɖo to ɖe fea o, elabe eya ŋue wòle ŋu ɖom ɖo. Ne mèxe fea nɛ o la, ado ɣli ayɔ Aƒetɔ le tawò eye àzu fɔɖila.