Deuteronomy 24:17 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Mègate amedzrowo kple tsyɔ̃eviwo ƒe nya dzɔdzɔe ɖe to o, eye mègaxɔ ahosi aɖeke ƒe avɔ abe awɔbanu ene o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Megate amedzro kple tsyɔ̃evi ƒe nya ɖe to o, eye megaxɔ ahosi ƒe avɔ awɔbae o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Mègate amedzro alo tsyɔ̃evi ƒe nya dzɔdzɔe ɖe to o; mègazi ahosi dzi ne wòatsɔ eƒe avɔ de awɔba na wò o.