Deuteronomy 24:19 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ne èle wò nukuwo xam le wò agble me, eye nèŋlɔ nuku babla aɖe be ɖe agblea me la, mègatrɔ yi ɖatsɔe o. Gblẽe ɖi na amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo. Ekema Yehowa, wò Mawu la ayra wò asinudɔwo katã woadze edzi na wò.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne eŋe nu le wò agble me, eye neŋlɔ bablaa ɖe be ɖe agblea me la, ekema megagbugbɔ yi, be natsɔe o, ke boŋ amedzro, tsyɔ̃evi kple ahosiwo tɔ wònye, ne Yehowa, wò Mawu, nayra wò le wò asinudɔwo katã me?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Ne èŋe nu le wò agble me, eye nèŋlɔ ɖe be ɖi la, migagbugbɔ yi be yeaɖatsɔe o. Eya nezu amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo tɔ. Wɔ esia ale be Aƒetɔ, wò Mawu la, nayra wò le wò asinudɔwo katã me.