Deuteronomy 24:8 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Ele be nàkpɔ egbɔ be wowɔ nunɔlawo ƒe sewo dzi pɛpɛpɛ le anyidzedɔ, dɔdzĩ kple kpodɔ gome, elabena mede se siwo dzi miawɔ ɖo nyaɖenyanui la na nunɔlawo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Kpɔ ɖokuiwò dzi le anyidɔwo ŋu, eye nale nusiwo katã nunɔla, amesiwo nye Lewitɔwo, afia wò la me ɖe asi, eye nawɔ wo dzi pɛpɛpɛ. Lé nusiwo ŋu mede se le na wò la me ɖe asi, eye nawɔ wo dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Ne èle ŋutigbalẽdɔ vɔ̃ɖi si amewo vɔ̃na la lém la, lé be na ɖokuiwò. Lé fɔ ɖe nu siwo katã nunɔla Levitɔwo afia wò le dɔlélea ŋu la ŋu pɛpɛpɛ. Lé se siwo mena wode na wò le dɔa ŋu la me ɖe asi, eye nàwɔ wo dzi.