Deuteronomy 25:19 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
eya ta ne Yehowa, wò Mawu la na nèvo tso wò futɔwo katã ƒe asi me le ŋugbedodonyigba la dzi la, ele na wò be nàtsrɔ̃ Amaleki ƒe ŋkɔ ɖa keŋkeŋ le dziƒoa te. Mègaŋlɔ nu sia be gbeɖe o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne Yehowa, wò Mawu, na nèkpɔ gbɔdzɔe tso wò futɔ, siwo katã ƒo xlã wò si me le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge wòanye wò domenyinu dzi la, ekema tsrɔ̃ Amalek ŋkɔ da le dziƒoa te. Megaŋlɔe be o!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya ta ne èɖo anyigba si Aƒetɔ, wò Mawu la, le tsɔtsɔm na wò dzi, be nàxɔ anyi edome, eye èvo tso wò futɔ siwo katã ƒo xlã wò la si me la, kpɔ gbɔ be yetsrɔ̃ Amalekitɔwo katã ɖa. Tsrɔ̃ wo keŋkeŋ ale be ame aɖeke nagaɖo ŋku wo dzi le xexeme ƒe afi aɖeke o. Mègaŋlɔ nya sia be o.”