Deuteronomy 25:7 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ke ne nɔviŋutsu la gbe be yemawɔ yeƒe dɔdeasi le go sia me o hegbe ahosi la ɖeɖe la, ekema ahosi la ayi dumemetsitsiwo gbɔ, eye wòagblɔ na wo be, ‘Srɔ̃nye nɔviŋutsu gbe be yemana nɔvia ŋutsu si ku la ƒe ŋkɔ natsi anyi le Israel o. Egbe be yemaɖem o.’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke ne medze ŋutsu la ŋu be, wòaɖe nɔvia srɔ̃ o la, ekema nyɔnu la nayi ame tsitsiwo gbɔ le ʋɔnu agblɔ bena: Srɔ̃nye nɔvi gbe be, yemalé ye nɔvi ƒe ŋkɔ ɖe te le Israel o; egbe be, yemaɖem o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke ne ŋutsu la medi be yeaɖe nɔvia srɔ̃ la o la, ekema nyɔnua ayi dumemetsitsiwo gbɔ le dutakpeƒe eye wòagblɔ na wo be, ‘Srɔ̃nye nɔvi medi be yeana ye nɔvi ƒe ŋkɔ natsi Israel o; egbe be yemaɖem o.’