Deuteronomy 26:13 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ekema nàgblɔ le Yehowa, wò Mawu la ŋkume be, ‘Metsɔ nye nuwo ƒe ewolia katã na Levitɔwo, amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo abe ale si nèɖo nam ene. Nyemeda le wò se aɖeke dzi loo alo ŋlɔ ɖeke be o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
ekema nagblɔ le Yehowa, wò Mawu ƒe ŋku me bena: Meɖe nu kokoe ɖa le aƒenye me, eye metsɔe na Lewitɔwo, amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo, abe alesi nede se nam pɛpɛpɛ ene, eye nyemeda wò seawo dzi alo ŋlɔ wo be o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
gblɔ na Aƒetɔ, wò Mawu la, be: ‘Meɖe nuwo ƒe akpa ewolia si nye nu kɔkɔe le aƒenye me la katã ɖa, eye metsɔe na Levitɔwo, amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo abe ale si nègblɔ nam be mawɔe ene la pɛpɛpɛ. Se siwo nède nam le nuwo ƒe akpa ewolia ŋu la, nyemeda ɖeke dzi o, nyemeŋlɔ ɖeke be hã o.