Deuteronomy 26:18 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yehowa hã ʋu eme egbe be ànye yeƒe dukɔ abe ale si wòdo ŋugbe ene, eye wòbia tso asiwò be nàwɔ yeƒe sewo katã dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Yehowa ka de dzi na wò egbea bena, anye eya ŋuta ƒe dukɔ, abe alesi wòdo ŋugbe na wò ene, eye nalé eƒe sewo katã me de asi,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Egbe la, Aƒetɔ ka ɖe dzi na wò be èzu ye ŋutɔ yeƒe dukɔ abe ale si wòdo ŋugbe na wò ene, eye wòle gbɔgblɔm na wò be nalé yeƒe sededewo katã me ɖe asi.