Deuteronomy 26:19 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ne èwɔ alea la, awɔ wò dukɔ gã wu dukɔ bubu ɖe sia ɖe, eye wòana kafukafu, bubu kple ŋkɔxɔxɔ wò. Ke hafi bubu kple ŋkɔ sia naɖo ŋuwò la, ele be nànye dukɔ kɔkɔe na Yehowa, wò Mawu la abe ale si wòdi tso asiwò ene.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
yeatsɔ wò ado gã de dukɔ, siwo katã wòwɔ la nu hena eƒe kafukafu, bubu kple atsyɔɖoɖo, eye nanye dukɔ kɔkɔe na Yehowa, wò Mawu la, abe alesi wòdo ŋugbe ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ana nàde ŋgɔ wu dukɔ siwo katã wòwɔ, eye nàtsɔ kafukafu, dodoɖedzi kple bubu na eŋkɔ. Ànye dukɔ kɔkɔe na Aƒetɔ, wò Mawu la, abe ale si wòdo ŋugbee ene.”