Deuteronomy 26:5 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esia megbe la, àgblɔ le Yehowa, wò Mawu la ƒe ŋkume be, ‘Tɔgbuinyewo nye Arameatɔwo. Woʋu yi Egipte le sitsoƒedidi ta. Wonye ame ʋɛ aɖewo ko, ke wova zu dukɔ gã aɖe le Egipte.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye nagblɔ le Yehowa, wò Mawu ŋku me bena: Fofonye enye Aramtɔa ɖe, si de tsɔtsrɔ ge, eye wòʋu va Egipte; ame ʋeea ɖewo ko wonye henye amedzrowo le afima, ke wodzi ɖe dzi, eye wotrɔ zu dukɔ gã sẽŋua ɖe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Gblɔ le Aƒetɔ, wò Mawu la ŋkume be: ‘Tɔgbuitɔgbui si ƒe dzidzimevi menye la nye Aramtɔ tsatsala aɖe. Eʋu kple viawo yi Egipte eye wònye amedzro nɔ afi ma. Womesɔ gbɔ hafi yi o, ke wodzi ɖe dzi fũu, eye wova zu dukɔ triakɔ sesẽ aɖe.