Deuteronomy 27:15 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Ame sia ame si awɔ legba, eye wòasubɔe nenye le ɣaɣlaƒe hã, nenye aklamakpakpɛ loo alo nu si wololõ ga tsɔ wɔe, esi mawu siwo katã wowɔ kple asi nye nu si Yehowa lé fui ta la, Mawu ƒe fiƒode nava nu siawo wɔlawo dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen!”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Amesi wɔ aklama kpakpɛ alo kɔ legba, nusi nye ŋunyɔnu na Yehowa, eye wònye adaŋu wɔla ƒe dɔwɔwɔ, eye wòtsɔe ɖo adza me la, aɖi eŋu! Eye dukɔ blibo la naɖo ŋu be: Neva me nenema!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“ ‘Ne ame aɖe wɔ aklama kpakpɛ alo me legba alo na aɖaŋudɔwɔla kɔ̀ legba aɖe nɛ wòle subɔsubɔm le bebeme la, neɖi eŋu kpékpekpe.’ Dukɔ bliboa naxɔ ɖe edzi be: ‘Neva eme nenema!’ ”