Deuteronomy 28:61 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Menye nu siawo ɖeɖe ko ava dziwò o! Yehowa ahe dɔléle ɖe sia ɖe si le xexea me la, esiwo dzi wometɔ asii le Segbalẽ sia me o hã ava dziwò va se ɖe esime nàtsrɔ̃ gbidigbidi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Yehowa akplɔ dɔlélewo tsyo ƒomevi kple fuwɔamewo tsyo ƒomevi, siwo womeŋlɔ ɖe se sia ƒe agbalẽa me o la, aƒu wò, vaseɖe esime natsrɔ̃ avɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mlɔeba la, ahe dɔléle kple fuwɔame ƒomevi ɖe sia ɖe siwo womeŋlɔ ɖe segbalẽ sia me o la ava dziwò va se ɖe esime nàtsrɔ̃ vɔ.