Deuteronomy 28:63 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Abe ale si Yehowa kpɔ dzidzɔ le ŋuwò, wɔ nu wɔnuku mawo na wò, eye wòna nèdzi sɔ gbɔ ene la, nenema kee, le ɣeyiɣi si gbɔna me la, Yehowa akpɔ dzidzɔ le ale si wòatsrɔ̃ wò ŋu, eye nàbu le anyigba la dzi,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Abe alesi Yehowa kpɔ dzidzɔ le mia ŋu be, wòawɔ nyui na mi, eye wòana míadzi ɖe dzi ene la, nenema ke Yehowa akpɔ dzidzɔ le mia ŋu be, wòawu mi, eye wòatsrɔ̃ mi; eye wòaɖe mi ɖa le anyigba, si dzi yim miele, be míaxɔe la dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale si Aƒetɔ kpɔ dzidzɔ le mia ŋu, wɔ nyui na mi, eye wòna miedzi sɔ gbɔ fũu la, nenema ke wòakpɔ dzidzɔ le mia wuwu kple mia tsɔtsrɔ̃ ŋutii. Aɖe mi ɖa abe ale si wohoa ati kple ke ene, le anyigba si dzi yim miele la dzi.