Deuteronomy 3:2 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke Yehowa gblɔ nam be, “Mègavɔ̃e o, elabena matsɔ eya ŋutɔ kple eƒe aʋakɔ blibo la kpakple eƒe anyigba blibo la ade asi na wò; eye nawɔe abe ale si nèwɔ Fia Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia, le Hesbon ene.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Yehowa gblɔ nam bena: Megavɔ̃e o, elabena matsɔ eya ŋutɔ kple eƒe dukɔ blibo la kpakple eƒe anyigba ade asi na wò, eye nawɔe, abe alesi nèwɔ Amoritɔwo ƒe fia Sixon, si nɔ Xesbon la ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke Aƒetɔ gblɔ nam be: ‘Mègavɔ̃e o. Matsɔ eya ŋutɔ, eƒe dukɔ blibo la kple eƒe anyigba ana wò. Wɔ eya hã abe ale si nèwɔ Sixon, Amoritɔwo ƒe fia si nɔ Xesbon la ene.’