Deuteronomy 3:20 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
va se ɖe esime miatrɔ agbɔ, eye mana to bubuawo hã naɖu woƒe futɔwo dzi. Ne woxɔ anyigba si Yehowa, míaƒe Mawu la tsɔ na wo le Yɔdan tɔsisi la godo la, ekema miate ŋu atrɔ va afi sia, si nye miawo ŋutɔ ƒe anyigba la dzi.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
vaseɖe esime Yehowa nana gbɔdzɔe mia nɔviwo abe miawo ke ene, eye woaxɔ anyigba, si Yehowa, mia Mawu, le wo na ge le Yordan ƒe go keme dzi, hafi mia dome amesiame nagbugbɔ ava anyigba, si mena mi la dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Miele kpekpe ge ɖe mia nɔvi Israelvi mamlɛawo ŋu va se ɖe esime woaxɔ anyigba si Aƒetɔ, mia Mawu, le wo na ge le Yordan ƒe ɣetoɖoƒe, eye wòana woanɔ ŋutifafa me abe ale si wòwɔ na mi le afii ene. Emegbe la mia dome ame sia ame atrɔ gbɔ va anyigba si mena mi la dzi.’