Deuteronomy 3:25 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Meɖe kuku na wò, na made anyigba nyui si le Yɔdan tɔsisi la godo la dzi dzro, be makpɔ to nyui ma kple Lebanon.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Na mayi dzro, bena maɖakpɔ anyigba nyui la le Yordan godo kple to nyui siawo kpakple Libanon!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Meɖe kuku, ɖe mɔ nam ne matso Yordan-tɔsisi la ado ɖe egodo be makpɔ anyigba nyui si le afi ma kple tonyigba si nyakpɔna kpakple Lebanon-towo ɖa dzro.’