Deuteronomy 30:10 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yehowa akpɔ dzidzɔ ne miawɔ se siwo katã woŋlɔ ɖe Segbalẽ sia me la dzi, eye miatrɔ ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ŋu kple miaƒe dzi blibo kple miaƒe luʋɔ blibo ko.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena èɖo to Yehowa, wò Mawu la ƒe gbe, eye nèle se kple ɖoɖo, siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la me ɖe asi, eye nètrɔ ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋu tso wò dzi blibo kple luʋɔ blibo me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elabe èɖo to Aƒetɔ, wò Mawu ƒe gbe, lé se kple ɖoɖo siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la me ɖe asi, eye nètrɔ ɖe eŋu tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me.