Deuteronomy 30:16 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mede se na mi egbea be mialɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la, miazɔ le eƒe mɔwo dzi, eye mialé eƒe sewo me ɖe asi, ale be mianɔ agbe, eye miazu dukɔ gã aɖe, ekema Yehowa ayra mi le anyigba si le mia tɔ zu ge la dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne èse Yehowa, wò Mawu ƒe se, siwo mede na wò egbe, eye nèlɔ Yehowa, wò Mawu la, nèzɔ eƒe mɔwo dzi, eye nèle eƒe se, ɖoɖo kple kɔnuwo me ɖe asi la, ekema anɔ agbe, eye adzi ɖe dzi, eye Yehowa, wò Mawu, ayra wò le anyigba, si dzi yim nèle, be naxɔe la dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne èse Aƒetɔ, wò Mawu ƒe se siwo dem mele na wò egbe, ne èlɔ̃e, zɔ eƒe mɔwo dzi, eye èlé eƒe se, ɖoɖo kple kɔnuwo me ɖe asi la, ekema ànɔ agbe adzi fũu. Aƒetɔ, wò Mawu la, ayra wò le anyigba si dzi yim nèle be nàɖaxɔe la dzi.