Deuteronomy 30:20 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mitia be mialɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la. Miaɖo toe, eye miaku ɖe eŋu, elabena eyae nye miaƒe agbe kple miaƒe agbemeŋkekewo ƒe agbɔsɔsɔ. Ekema miate ŋu anɔ dedie le anyigba si Yehowa do ŋugbe be yeatsɔ na mia tɔgbuiwo, Abraham, Isak kple Yakob la dzi.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye nalɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, ɖo to eƒe gbe, eye naku ɖe eŋu, elabena eya nye wò agbe, bena nanɔ agbe didie le anyigba, si ŋu Yehowa ka atam ɖo be, yeatsɔ na fofowòwo Abraham, Isak kple Yakob la dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Lɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu la. Ɖo toe, eye nàku ɖe eŋu elabe eyae nye wò agbe, be nànɔ agbe didi le anyigba si ŋu Aƒetɔ ka atam ɖo na tɔgbuiwòwo, Abraham, Isak kple Yakob, be yeatsɔ na wo la dzi.”