Deuteronomy 33:29 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Woayra wò, Israel, ŋutɔŋutɔ! Ame bubu kae gakpɔ ɖeɖe tso Yehowa gbɔ? Wò akpoxɔnu kple kpeɖeŋutɔe! Eyae nye wò yi ɖaɖɛ la. Wò futɔwo ade ta agu le ŋgɔwò eye nànya avuzi le wo dzi!”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Woayra wò Israel! Ameka ɖe nuwo? Dukɔ, si Yehowa ɖe, amesi nye wò akpoxɔnu kple xɔwòla, kpakple wò dziɖuɖu ƒe yi! Wò futɔwo avivi nu me na wò, ke wò la ànyã avuzi le wo dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
O Israel, kpɔ dzidzɔ! Ame kae le abe wò ene? Dukɔ si Aƒetɔ xɔ ɖe agbe; eyae nye wò akpoxɔnu kple wò kpeɖeŋutɔ; yi si nètsɔna ɖua dzii. Wò futɔwo ava ɖe kuku na wò, be nàkpɔ nublanui na yewo, eye wò la, ànya avuzi le woƒe nuxeƒewo dzi.”