Deuteronomy 4:32 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Mida ŋku ɖe xexea me ƒe ŋutinya me tso keke esime Mawu wɔ amegbetɔ ɖe anyigba dzi. Midii tso dziƒo ƒe akpa ɖeka yi akpa bubu ne miakpɔe ɖa be nya sia tɔgbi dzɔ kpɔ mahã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Bia gbaɖegbe, si va yi, kple dziƒo ƒe go ɖeka vaseɖe go keme dzi la se, tso gbesigbe Mawu wɔ ame ɖe anyigba dzi be, nya gãa ɖe dzɔ kpɔ abe esia enea, alo wose esia tɔgbe kpɔa?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Mibia ne woagblɔ blemanyawo katã na mi. Midzro nya siwo dzɔ tso esime Mawu wɔ ame ɖe xexea me la me. Mibia ne woagblɔ nya siwo katã dzɔ le xexeme ƒe afi sia afi kpɔ la na mi. Ɖe nya gã aɖe dzɔ abe esia tɔgbe ene kpɔa? Ɖe ame aɖe se nya sia tɔgbe kpɔa?