Deuteronomy 5:14 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
ke ŋkeke adrelia nye Yehowa, wò Mawu la ƒe Dzudzɔgbe. Mègawɔ dɔ aɖeke le edzi o. Wò aƒemetɔ aɖeke hã mekpɔ mɔ awɔ dɔ aɖeke gbe ma gbe o, eɖanye viwò ŋutsuwo, viwò nyɔnuwo, wò dɔlaŋutsu, wò dɔlanyɔnu, wò nyiwo, wò tedziwo alo wò lãwo katã o. Ele be amedzro siwo le mia dome gɔ̃ hã nawɔ se sia dzi. Ele be ame sia ame nadzudzɔ abe ale si wò ŋutɔ nàwɔ ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
ke ŋkeke adrelia enye dzudzɔgbe na Yehowa, wò Mawu la, megawɔ dɔa ɖeke le edzi o, eɖanye wò ŋutɔ, viwòŋutsu alo viwònyɔnu o, eɖanye wò dɔlaŋutsu alo wò dɔlanyɔnu o, eɖanye wò nyitsu, wò tedzi, wò lãwo katã alo amedzro, si dze wò du me la o, bena wò dɔlaŋutsu kple wò dɔlanyɔnu nagbɔ ɖe me abe wò ŋuta ke ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke ŋkeke adrẽlia nye dzudzɔgbe na Aƒetɔ, wò Mawu la. Gbe ma gbe la, ame aɖeke megawɔ dɔ aɖeke o. Wò ŋutɔ wòɖanye o, viwò ŋutsu alo viwò nyɔnu wòɖanye o, wò dɔlaŋutsu alo wò dɔlanyɔnu wòɖanye o, wò nyitsu, wò tedzi alo wò lãwo dometɔ aɖe wòɖanye o, mɔzɔla si dze gbɔwò la wòɖanye o, ɖeke megawɔ dɔ aɖeke o. Ele be wò dɔlawo hã, ŋutsu kple nyɔnu, nagbɔ ɖe eme gbe ma gbe abe wò ŋutɔ ke ene.