Deuteronomy 6:2 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Se siawo ƒe taɖodzinue nye woana miawo, mia viwo kple mia tɔgbuiyɔviwo miavɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la to eƒe ɖoɖowo katã dzi wɔwɔ me le miaƒe agbemeŋkekewo katã me. Ne miete ŋu wɔe la, ƒe geɖe siwo me nunyoname geɖewo le la anɔ mia ŋgɔ,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
ne miavo Yehowa, mia Mawu la, eye mia kple viwòwo kple wò tɔgbuiyɔviwo miawɔ ɖoɖo kple se, siwo megblɔ na mi la dzi, le miaƒe agbe me ŋkekewo katã me, bena mianɔ agbe didie.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le miaƒe agbenɔɣi katã la, mi kple miaƒe dzidzimeviwo katã mivɔ̃ Aƒetɔ, mia Mawu la, eye miwɔ ɖoɖo kple se siwo katã megblɔ na mi la dzi be mianɔ agbe didi.