Deuteronomy 6:3 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
eya ta O! Israel, ɖo to se ɖe sia ɖe, eye nàkpɔ egbɔ be yewɔ ɖe wo dzi ale be nàkpɔ dzidzedze le nu sia nu me, eye nàdzi sɔ gbɔ. Ne èwɔ ɖe se siawo katã dzi la, àzu dukɔ gã aɖe le anyigba nyui la dzi afi si “notsi kple anyitsi bɔ ɖo” abe ale si fofowòwo ƒe Mawu la do ŋugbe na wò ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyata Israel see, lé wo me ɖe asi, eye nawɔ wo dzi, ne wòanyo na wò, eye nadzi ɖe dzi le anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la dzi, abe alesi Yehowa, fofowòwo ƒe Mawu la, do ŋugbe na wò ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya ta Israel, see; lé seawo me ɖe asi eye nàwɔ wo dzi. Ne èwɔ esia la, eme anyo na wò, eye nàdzi ɖe dzi fũu, anɔ anyigba si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la dzi abe ale si Aƒetɔ, tɔgbuiwòwo ƒe Mawu la do ŋugbe na wò ene.