Deuteronomy 7:13 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Kpe ɖe esia ŋu la, alɔ̃ wò, ayra wò, eye wòawɔ wò nàzu dukɔ gã aɖe. Ana nàdzi asɔ gbɔ, wò anyigba nanyo nukuwo, eye wò lãwo hã nadzi asɔ gbɔ, ale be wò bli, wain, ami, nyiwo, alẽwo kple gbɔ̃wo asɔ gbɔ ne mieva ɖo anyigba si ŋugbe wòdo na fofowòwo be yeatsɔ na wo la dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye wòalɔ̃ wò, ayra wò, eye wòana nadzi ɖe dzi, ayra wò dɔmevi kple wò anyigba dzi nukuwo, wò bli, wò wein kple wò ami, wò nyinɔ kple wò alẽnɔ, le anyigba, si ŋu wòka atam ɖo na fofowòwo be, yeatsɔe na wò la dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Alɔ̃ wò, ayra wò, ana nàdzi ɖe dzi fũu eye viwòwo asɔ gbɔ. Ayra wò agbledeƒewo ale be àkpɔ bli, wain kple ami aɖu. Ana wò nyiwo kple alẽwo nadzi fũu. Aƒetɔ ana nu siawo katã asu asiwò elabe eka atam na tɔgbuiwòwo be yeatsɔ wo na wò le anyigba la dzi.