Deuteronomy 7:4 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ne viwòwo ɖe wo viwo la, viwòwo asubɔ woƒe mawuwo godoo. Ekema Yehowa ƒe dɔmedzoe abi ɖe ŋuwò, eye Yehowa atsrɔ̃ wò kokoko.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
elabena woana viwòŋutsu natrɔ le yonyeme, eye wòasubɔ mawu bubuwo, ale bena Yehowa nado dɔmedzoe ɖe mia ŋu, eye woatsrɔ̃ mi amloamlo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
elabe woana mia viŋutsuwo magasubɔm o, ke boŋ woasubɔ mawu bubuwo. Ne eva eme alea la, Aƒetɔ ado dziku ɖe mia ŋu, eye wòatsrɔ̃ mi enumake.