Deuteronomy 8:3 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ɛ̃, ebɔbɔ mi ɖe anyi esi wòna dɔ wu mi, eye wòna mana mi be miaɖu. Miawo ŋutɔ kple mia tɔgbuiwo miekpɔ mana sia kpɔ o. Ewɔe be yeana mianya be menye nuɖuɖu koe nye nu sia nu o, eye mianyae be agbe ŋutɔ le Yehowa ƒe se ɖe sia ɖe dzi wɔwɔ me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòbɔbɔ wò ɖe anyi hena dɔ wu wò, eye wonyre wò kple mana, si wò ŋutɔ kple fofowòwo mienyã o, bena wòana nadze sii be, amegbetɔ mele abolo ƒe agbe ko o, ke boŋ amegbetɔ le agbe le nya, siwo katã do tso Yehowa nu la ta.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ebɔbɔ wò ɖe anyi, na dɔ wu wò, eye wòna mana si miawo ŋutɔ kple mia tɔgbuiwo siaa mieɖu kpɔ o la mi mieɖu. Ewɔ esia be yeatsɔ afia wò be mele be amegbetɔ naɖo ŋu ɖe nuɖuɖu ko ŋu be eyae na yele agbe o, ke nya sia nya si Aƒetɔ gblɔ la boŋ ye na yele agbe.