Deuteronomy 9:19 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mevɔ̃ ɖe mia nu ŋutɔŋutɔ, elabena Yehowa ɖo vevie be yeatsrɔ̃ mi. Ke egaɖo tom ɣe ma ɣi hã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena dziku kple dɔmedzoe, si Yehowa do ɖe mia ŋu, be yeatsrɔ̃ mi la, dzi ŋɔ nam; eye Yehowa se nye gbe ɣemaɣi hã.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Dziku si Aƒetɔ do ɖe mia ŋu la dzi ŋɔ nam ŋutɔ, elabe dzi kui ale gbegbe be wòdi be yeatsrɔ̃ mi, ke Aƒetɔ gase nye kukuɖeɖe le ɣe ma ɣi me hã.