Ecclesiastes 12:14 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
elabena Mawu adrɔ̃ ʋɔnu mí le nu siwo katã míewɔ le adzame kple gaglãgbe siaa, eɖanye nyui alo vɔ̃.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena Mawu le nuwɔwɔwo katã, siwo ɣla la, he ge ava ʋɔnui, eɖanye nyui alo vɔ̃ o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elabe Mawu le ʋɔnu drɔ̃ ge nuwɔna ɖe sia ɖe; nyui o, vɔ̃ o; ne ele ɣaɣla gɔ̃ hã.