Ecclesiastes 12:4 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
ekema nàna wò nuyiwo namia tititi ne èle nu ɖum esi wò aɖuwo tu vɔ la ta! Àfɔ le fɔŋli, ne xeviwo de asi hadzidzi me, ke màgase nu o eye wò gbe anɔ ƒoƒom, màgate ŋu adzi ha o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye wodoa ʋɔtru, siwo lrɔ ɖe abla me, elabena wɔtutu megale ɖiɖim sesĩe o, eye wofɔna, ne xevi ƒe gbe tete ɖi, eye nyɔnu hadzilawo ƒe gbeme xena;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ɣe ma ɣi la, ʋɔtru siwo woʋuna ɖe ablɔ dzi la, anɔ tutu, wɔtutu magaɖi sesĩe o, eye kasia xevi ƒe gbe naɖi la, ame afɔ xoxo, eye nyɔnu hadzilawo katã ƒe gbe me axe.