Ecclesiastes 2:12 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ la, meɖo be malé ŋku ɖe nunya, tsukuku kple bometsitsi ŋu, elabena nu bubu ka ame si ava ɖe fia yome la ate ŋu awɔ? Nu si tututu wowɔ va yi la koe!
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye metrɔ, be makpɔ nunya, aɖaʋadzedze kple bometsitsi ɖa, elabena nuka amesi ava dze fia yome la awɔ? Nusi wowɔ xoxo va yi la koe!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ metrɔ be malé ŋku ɖe sidzedze, aɖaʋadzedze kple bometsitsi ŋu elabe nu ka ame si va zi dzi ɖe fia yome la awɔ? Nu si wowɔ va yi xoxo la koe!