Ecclesiastes 2:26 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Elabena Mawu naa nunya, gɔmesese kple dzidzɔ ame siwo ŋu wòkpɔ ŋudzedze le, ke etsɔa dɔ sesẽ wɔwɔ na nu vɔ̃ wɔlawo be woaƒo ƒu nu alo ali kɔ nu, ale be Mawu natsɔ wo ana ame si dze eŋu. Ale eme kɔ ƒãa be esia hã nye tofloko kple dagbadagba ɖe yame ko ƒe kpɔɖeŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena etsɔ nunya, sidzedze kple dzidzɔ na amesi ƒe nu dze eŋu la; ke nuvɔ̃wɔla la, etsɔ dɔwɔwɔ nɛ, be wòaƒo nu nu ƒu, eye wòali kɔ nu, ne Mawu natsɔ na amesi ƒe nu dze eŋu la. Esia hã tofloko kple dagbadagba ɖe ya me wònye.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame si ƒe nu nyo Mawu ŋu la, eyae wòtsɔa sidzedze, nunya kple dzidzɔkpɔkpɔ nana. Ke nuvɔ̃wɔla ya la, Mawu nana be wòƒoa ƒu nu, lia kɔe ɖi gleglegle, be ye Mawu ŋutɔ yeatsɔe na ame si dze ye ŋu la. Eya hã nye nu dzodzro kple yadɔ ko.