Ecclesiastes 2:3 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ale le tamebubu geɖe megbe la, meɖo be matsɔ ahanono ado dzidzɔ na ɖokuinye, gake maganɔ nunya yome tim. Medi be malé bometsitsi ɖe asi goŋgoŋgoŋ va se ɖe esime madze si nu si anyo na amegbetɔwo be woawɔ le dziƒoa te le woƒe ŋkeke sue si me woanɔ agbe la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mehe le nye dzi me be: Matsɔ wein anyro nye ŋutilã, ke nye dzi natsɔ nunya akplɔm, ne meva bometsitsi goŋgoŋ, eye makpa nusi nyo na amegbefɔviwo be, woawɔ le dziƒoa te le woƒe agbenɔɣi me la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mede ŋugble be mado dzidzɔ na nye ŋutilã kple wain, ke sidzedze naganɔ menye, eye be mawɔ bometsinu va se ɖe esime mekpɔ nu si nyo be amegbetɔ nawɔ le dziƒoa te le eƒe agbenɔŋkekewo me.