Ecclesiastes 2:7 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Meƒle kluviwo kple kosiwo, eye wodzi ɖewo le nye ŋutɔ nye aƒe me. Nyiwo kple alẽwo sɔ gbɔ ɖe asinye fũu wu fia siwo nɔ Yerusalem do ŋgɔ nam la si.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Meƒle kluvliwo kple kosiviwo, eye esiwo wodzi le aƒe me hã nɔ asinye. Nyihawo kple alẽhawo nɔ asinye taŋ wu amesiwo katã nɔ Yerusalem do ŋgɔ nam.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Meƒle kluviwo kple kosiwo, eye wodzi bubuwo hã ɖe nye ŋutɔ nye aƒeme. Alẽwo kple nyiwo hã nɔ asinye fũu. Nye lãwo sɔ gbɔ wu ame sia ame si nɔ Yerusalem kpɔ la tɔ.