Ecclesiastes 4:1 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Emegbe la, melé ŋku ɖe ameteteɖeanyi siwo katã le xexea me la ŋu. Mekpɔ ame siwo wote ɖe anyi la ƒe aɖatsiwo; kpeɖeŋutɔ aɖeke meli na wo o, le esime kpeɖeŋutɔ siwo nye ŋusẽtɔwo la le ameteɖeanyilawo ƒe akpa dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye megade ŋku de ameteteɖeanyi, siwo katã dzɔna le ɣea te la, eye kpa da, amesiwo woto de anyi la ƒe aɖatsiwo le tsyɔtsyɔm, ke akɔfalaa ɖeke meli na wo o; amesiwo te wo de anyi la, se ŋuta le wo ŋu, ke akɔfalaa ɖeke meli na wo o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Megalé ŋku ɖe ameteteɖeanyi siwo katã yia edzi le ɣea te la hã ŋu. Kpɔ ame siwo wote ɖe anyi la ƒe aɖatsi ɖa, ke akɔfala aɖeke meli na wo o. Ame siwo te wo ɖe anyi la, woawo sie ŋusẽ le; ke ame siwo wote ɖe anyi la ya, akɔfala aɖeke meli na wo o.