Ecclesiastes 4:12 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Gawu la, woate ŋu aɖu ame ɖeka dzi bɔbɔe gake ame eve ate ŋu anɔ akpa ɖeka eye woaɖu dzi. Nu si ganyo wu esiae nye, ame etɔ̃ nanɔ akpa ɖeka elabena ka si wotsɔ ka sue etɔ̃ lɔ̃e la menya lãna bɔbɔe o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye ne ame ɖeka kpɔ ŋusẽ de amesi tsi akogo dzi hã la, ame eveawo ya anɔ te ɖe enu, eye ka ŋukplaba eta mateŋu alã bɔbɔeo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Togbɔ be ame ɖeka ate ŋu aɖu ame ɖeka dzi hã la, ame eve anɔ te ɖe enu. Kagbigbi nu etɔ̃ menyatsona o.